Adzo alo Adzowo (si woyɔna le Eŋlisigbeme be Riddle) nye nya kpui aɖewo si wogblɔna tsɔna doa ame ƒe susu kpɔ, eye eƒe gɔmesese be ɖe eme.
Kɔsasa alo babla nɔa adzowo ŋu. Amewo dzea agbagba desiade tua kɔsasa sia, si fia kɔtɔe be woɖe egɔme.
Adzototo wɔnɛ be:
Esia nye adzo aɖewo kple wo ƒe gɔmeɖeɖe.
Adzo ƒe kpɔɖeŋuwo | Gɔmeɖeɖewo |
---|---|
Ege kpɔ sukuviwo kplɔe do | Mi / Emi |
Ele kpuie do gawu | Neƒui |
Esi metso ɖe meyɔ wòa | Luʋɔ / Vɔvɔli |
Eyi ʋui gbɔ ʋui | Tukpe |
Etre vi eve le tsi dzi | Eno |
Ebia hẽ menyanyinyim o | Dzo / Tadi |
Lagã aɖe li ne no tsi ko eku | Edze |
Bafa aɖe li nekpɔ nu ɖu hafi wotsia tre | Kotoku |
Tɔsisi aɖe li lã kukuwo sɔŋ koe le eme | Dettsi |
Wole fufu tom avu le ɣe ɖum | Eno |
Kuviatɔ kpla go | Aɖiba |
Ele avɔkpowo dome gake tsi amama | Abui / Tɔnui |
Eyi tsileƒe gbɔ kple aɖatsi | Akutsa |
Dã va yi gake eƒe fli meli o | Tɔdziʋu |
Avegametadi klẽ ŋku hɔ̃ɔ | Atɔtɔ |
Anagotɔ ƒe agbadzi le kliyo | Aɖukpodzi |
Gagɔdɔe le gli ŋu | Eto |
|- |Kadze le tor to || efu |}
This article uses material from the Wikipedia Eʋegbe article Adzo, which is released under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 3.0 license ("CC BY-SA 3.0"); additional terms may apply (view authors). Content is available under CC BY-SA 4.0 unless otherwise noted. Images, videos and audio are available under their respective licenses.
®Wikipedia is a registered trademark of the Wiki Foundation, Inc. Wiki Eʋegbe (DUHOCTRUNGQUOC.VN) is an independent company and has no affiliation with Wiki Foundation.