Senegal

Senegal nye Afrika dukɔwo dometɔ ɖeka.

Coat of arms of Senegal.svg
Flag of Senegal.svg
LocationSenegal.svg

Senegal nye Afrika dukɔwo dometɔ ɖeka. Ele Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Senegal do liƒo kple Mauritania le eƒe dzigbe kpa dzi, Mali le eƒe ɣedzeƒe kpa dzi, eye Guinea kple Guinea-Bissau le eƒe anyigbe lɔƒo. Aƒu si woyɔna be Atlantic Ocean la le eƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo. Senegal ƒoxlã Gambia dukɔa le eƒe axa etɔ̃ dzi. Eƒe dukɔmenɔlawo ƒe xexlẽme ɖo 11,658,000 lɔƒo.

Regions of Senegal

Senegal dukɔa xɔ ɖokuisinɔnɔ tso France dukɔ ƒe dziɖuɖu la te le Dasiamime ƒe ŋkeke 20 lia dzi le ƒe 1960 me. Senega ƒe dugã enye Dakar. Senegal ƒe dukplɔla enye Macky Sall. Ele dziɖum tso Afɔfiɛ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, le ƒe 2012 me.


Afrika dukɔwo

This article uses material from the Wikipedia Eʋegbe article Senegal, which is released under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 3.0 license ("CC BY-SA 3.0"); additional terms may apply. (view authors). Content is available under CC BY-SA 4.0 unless otherwise noted. Images, videos and audio are available under their respective licenses.
#Wikipedia® is a registered trademark of the Wiki Foundation, Inc. Wiki (DUHOCTRUNGQUOC.VN) is an independent company and has no affiliation with Wiki Foundation.