Mitsinyedɔ

Mitsinyedɔ alo afɔdzidedɔ nye dɔlele si nabe anye mitsi alo ade afɔdzi abe zi etɔ̃ ene gbe sia gbe.

Zigeɖe la enɔa anyi ŋkeke ʋɛ aɖewo eye ateŋu he tsivɔlelame vee ɖe tsimanɔlame ta. Zi geɖe la, tsimanɔlame ƒe dzesiwo dzea egɔme kple ŋutigbale ƒe sukuilele kple ame ƒe nɔnɔmetɔtrɔ. Esia ateŋu agbugbɔ aɖuɖɔɖɔɖɔ ɖe megbe, ŋutigbale ƒe trɔtrɔ, dzi ƒe tsotso kabakaba kple ŋudzɔnɔnɔ ƒe ɖiɖi kpɔtɔ le esimedɔ la le ŋusem ɖe edzi. Gake, vidzifɛ siwo le no nom alo no no la ƒe mitsinyenye ateŋu adze gadzi.

Mitsinyedɔ
MitsinyedɔRotavirus electron micrograph aɖe, sihea dɔlele sia ƒe akpa 40 ɖe alɔfa dzi vana ɖevi siwo mexɔ ƒe atɔ haɖe o la dzi.[1]
MitsinyedɔRotavirus electron micrograph aɖe, sihea dɔlele sia ƒe akpa 40 ɖe alɔfa dzi vana ɖevi siwo mexɔ ƒe atɔ haɖe o la dzi.
Rotavirus electron micrograph aɖe, sihea dɔlele sia ƒe akpa 40 ɖe alɔfa dzi vana ɖevi siwo mexɔ ƒe atɔ haɖe o la dzi.
Memama kple Nusiwohia na dɔwɔwɔ tso teƒe bubuwo
ICD/CIM-10A09, K59.1 A09, K59.1
ICD/CIM-9787.91 787.91
DiseasesDB3742
MedlinePlus003126

Nusi hea dɔ sia vee la ƒe bɔbɔtɔe nye virusi, bacteria, parasaiti, ƒe aʋahoho ɖe dɔkaviwo ŋu alo nusi woyɔna be 'gastroenteritis'. Zigeɖe la miexɔna nu manyomanyosiawo to nuɖuɖu alo tsi sime nugodo tso amesi le dɔ sia lem la gbɔ. Woateŋu amãe ɖe hatsotso etɔ̃ me: mitsinyenye gaƒoƒo kpuie tɔ, ʋumitsinyenye gaƒoƒo kpuie tɔ, kple ne enɔ anyi wu kɔsiɖa eve la, mitsinyenye atraditɔ. Mitsinyenye gaƒoƒo kpuie tɔ la ateŋu ava nenye be cholera le ame. Ne nye be ʋu li la, woyɔnɛ be 'dysentery'. Nu bubuwo ha hea mitsinyedɔ vee. Wodometɔ aɖewo enye: 'hyperthyroidism', notsi tsritsri, dɔka ƒe tete, atike aɖewo, kple dɔka ƒe gbɔgbɔ dɔ kpakple bubuawo. Le go geɖewo me la womehia afɔdzidodokpɔ na kakaɖedzi kpɔkpɔ na dɔ ƒe dzɔtsoƒe o.

Woateŋu atsi mitsinyedɔ nu to dzadzenyenye tutuɖo me, tsinono dzadze, kple asikɔklɔ me. Notsi nana vaseɖe dzinu ade megbe ha nyo abe abidodo ɖe 'rotavirus' ŋu la ene. 'Oral rehydration solution' (ORS), si nye tsinononyuie si me dze sue kple sukli le, la nyo ŋutɔ na dɔ sia nutsitsi. Zinc tsikekui ha nyo ŋutɔ. Dɔnutsitsi mɔnu siawo kpeɖe ɖevi million 50 aɖewo ŋu le ƒe 25 siwo vayi la me. Ne amewo le mitsinyedɔ la edze be woayi edzi aɖu nu nyuie eye edze be vidziwo ha nayi edzi ano no. Ne ORS si wodzrana la meli o la, woateŋu awɔe le aƒe me. Le tsimanɔlame atraditɔe me la, tsidodo hia. Gake le go geɖewo me la, numetsi ateŋu akpɔ esia gbɔ nyuie. Antibioticwo, togbɔ be womezanɛ edziedzi o ha la, teŋu wɔadɔ nyuie le go ʋɛaɖewo me abe amesiwo le ʋumitsinyem la kple asrã sesẽ, amesiwo le afɔdzidede le mɔzɔzɔ megbe, kple amesiwo ƒe afɔdzi me dɔlekuinugbagbevi aɖewo le la. 'Loperamide' ateŋu atsi afɔdzidedea nu vie gake menyo na amesiwo ŋu dɔ sesẽ ɖo o.

Mitsinyedɔ ŋutinyawo abet so billion 1.7 yi 5  dzɔna le ƒe ɖesiaɖe me. Ebɔwu le dukɔ siwo mede ŋugɔ o me, afisiwo ɖeviwo lea dɔa le abe zi etɔ̃ ene le ƒe me. Vaseɖe 2012 la, eyae nye bɔbɔtɔ evelia le ɖeviwo ƒe ku hehe vee me le ɖevi maxɔƒeatɔwo dome le xeaxeame godoo (0.76 million or 11%). Mitsinyedɔ ƒe amelele hea malnutrition ve eye wowɔa esia le ɖevimaxɔƒeatɔ̃wo dome. Kuxe bubu siwo ateŋu va la enye lame kple susu ƒe matsimatsi.

Referensiwo

Tags:

🔥 Trending searches on Wiki Eʋegbe:

Yehowa ÐasefowoJohn AdamsKeniaDasiamime 2007AŋkpamuidaCuritibaEditar Adhiambo OchiengSrɔ̃ɖeɖeMaltaNaidzeriaJacques BarrotKɔnyskɔvɔlaTogoNew ZealandArmeniaAustriaHubert GermainWilliam AvenyaMalawiMoritaniaRomaniaFinngbeAustraliaLithuaniaBelarusNagoyaNorwegbeEstoniaSloveniaGiniAzerbaijanMaliEbola dɔleleMalmöJules VerneChileTajikistanAbena Osei-AsareƲegbe KpalimeRwandaDadiGbetePɔtugisgbeNorwayCrailsheimZibraLaosVictor Adibe ChikweLezotoPresbyteria Nyanyui Hame le GhanaImmaculate AkelloGbetakpɔxeUkraineBoni YayiBoliviaCanadaFransegbeMorokoMoldova🡆 More