Eʋegbe: Gbe gbɔgblɔ

Eʋegbe nye Eʋeawo ƒe gbe siwo dona.

Wo dona Eʋegbe le Ghana kple Togo kpakple Benin Dãhumey dukɔ siwo le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo la me. Gbe dodo siwo teɖe Eʋegbe ŋu wonye Fɔ̃gbe kpakple Adzágbe. Esiawo katã wonye Gbe siwo doƒome kple Ʋegbe. Germania ye ŋutsu Diedrich Hermann Westermann, si srɔ̃ nugeɖe le Afrika ŋuti la, ŋlɔ agbalẽwo geɖe le Eʋegbe ŋuti. Ame bubu siwo srɔ̃ nu le Eʋegbe ŋuti wonye Gilbert Ansre, Hounkpati B. Capo, Herbert Stahlke, Roberto Pazzi, Felix K. Ameka, Alan Stewart Duthie. Gake le Eʋenyigbadzi la Sam J. Obianim nye amesi ŋlɔ Ʋegbe gbalẽ geɖewo. Agbalẽ siawo dometɔ ɖeka enye "Amegbetɔa alo Agbezuge ƒe ŋuti nya".

Eʋegbe: Eʋenyigba, Eʋe ŋɔŋlɔdzesiwo, Eʋe ŋɔŋlɔ
Afisiwo wodoa Eʋegbe le la le yelo me

Eʋenyigba

Eʋenyigba de lolo ge abe Asãte kple Dahome, siwo le eƒe goawo kple eve dzi, ene. Ke Eʋeawo katã meƒo ƒu ɖekae wɔ fiaɖuƒe gã abe woamawo ene kpɔ o .

Togbɔ be ɖekawɔwɔ blibo mele wo dome o hã la, fiaɖufe gã eve mawo dometɔ aɖeke meɖu wo dzi kpɔ o, ke boŋ Eʋeawo nɔ wo ɖokui si, vaseɖe esime yevunya va .

Eʋe ŋɔŋlɔdzesiwo

Ablɔɖegbeɖiɖi adre ye le Eʋegbe me.

Eʋe alphabet alo ŋɔŋlɔdzesi
Ablɔɖegbeɖiɖi A a E e Ɛ ɛ I i O o Ɔ ɔ U u


ŋɔŋlɔdzesi blaetɔ̃ ye le Eʋegbe me.

Eʋe alphabet alo ŋɔŋlɔdzesi la katã
A a B b D d Ɖ ɖ E e Ɛ ɛ F f Ƒ ƒ G g Ɣ ɣ
H h X x I i K k L l M m N n Ŋ ŋ O o Ɔ ɔ
P p R r S s T t U u V v Ʋ ʋ W w Y y Z z

Eʋe ŋɔŋlɔ

Germaniatɔwoe dze Ʋegbe ŋɔŋlɔ gɔme. Wozã ŋɔŋlɔdzesi si woyɔna le Aŋlesigbe me be African Reference alphabet kpakple Latin alfabet la kpakple dzesi ʋeaɖewo kpe ɖe eŋu tso International Phonetic Alphabet la me.

A a B b D d

Ɖ ɖ || Dz dz || E e || Ɛ ɛ || F f || Ƒ ƒ || G g || Gb gb || Ɣ ɣ

/a/ || /b/ || /d/ || /ɖ/ || /ʣ/ || /e/ || /ɛ/ || /f/ || /ɸ/ || /ɡ/ || /ɡ͡b/ || /ɣ/

H h I i K k Kp kp L l M m N n Ny ny Ŋ ŋ O o

Ɔ ɔ || P p

/h/ || /i/ || /k/ || /k͡p/ || /l/ || /m/ || /n/ || /ɲ/ || /ŋ/ || /o/ || /ɔ/ || /p/

R r S s T t Ts ts U u V v

Ʋ ʋ || W w || X x || Y y || Z z

/l/ || /s/ || /t/ || /ʦ/ || /u/ || /v/ || /β/ || /w/ || /x/ || /j/ || /z/

Wotsɔ dzesi sia ( ˜ ) fia be wogblɔna alfabet la le ŋɔtimegbe me.
Dzesi bubuwo fiana be ele be na bɔbɔ gbe alo na kɔ wo gbe ɖe dzi.

ekpɔ wò [ɛ́k͡pɔ̀ wò]

ekpɔ wo [ɛ́k͡pɔ̀ wó]

míawo [miawó]

miawo [miawó]

Eʋegbe zãzã

Eʋegbe enye gbe si wo gblɔna le Gana kple Togo dukɔwo me sia.

Nyasiawo ƒe tsoƒe

Agbalẽ siawo le Eŋlisigbe- kple Dzamagbe me.

  • Ansre, Gilbert (1961) The Tonal Structure of Ewe. MA Thesis, Kennedy School of Missions of Hartford Seminary Foundation.
  • Ameka, Felix Kofi (2001) 'Ewe'. In Garry and Rubino (eds.), Fact About the World's Languages: An Encyclopedia of the World's Major Languages, Past and Present, 207-213. New York/Dublin: The H.W. Wilson Company.
  • Capo, Hounkpati B.C. (1991) A Comparative Phonology of Gbe, Publications in African Languages and Linguistics, 14. Berlin/New York: Foris Publications & Garome, Bénin: Labo Gbe (Int).
  • Pasch, Helma (1995) Kurzgrammatik des Ewe Köln: Köppe.
  • Westermann, Diedrich Hermann (1930) A Study of the Ewe Language London: Oxford University Press.

Nuxexlẽwo le teƒe bubuwo

Tags:

Eʋegbe EʋenyigbaEʋegbe Eʋe ŋɔŋlɔdzesiwoEʋegbe Eʋe ŋɔŋlɔEʋegbe zãzãEʋegbe Nyasiawo ƒe tsoƒeEʋegbe Nuxexlẽwo le teƒe bubuwoEʋegbeAfrikaAmewo EʋeGhanaTogoen:Diedrich Hermann Westermann

🔥 Trending searches on Wiki Eʋegbe:

ColombiaBibliaUnited KingdomƆldzeriaGanaGungbeMalariaKokloLibiaAvuSpainEŋlisigbeMozambikiNicaraguaMia Denyigba Lɔ̃lɔ̃ laBernard PonsGreeceThailandTunisiaZibraCopenhagenDzibutiSenegalBrusselsKwame NkrumahMorokoKɔsiɖagbeArgentinaReykjavíkBɔlƒoƒoTedoxePatrick HoguetAzerbaijanAkpaŋɔyeParaguayGbekokloƉParisUgandaRussiaDominicaFloridaTɔmelãwoKemegbeFinlandAxa do ŊgɔAƒlaoFioPɔtugisgbeThe BeatlesAmpe (game)KaflaDzodze🡆 More