Jules Verne

jules Verne (February 8, 1828 – March 24, 1905) nye Fransetɔ agbalẽŋlɔla.

Enye agbalẽŋlɔla gbãtɔ siwo ŋlɔ dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpawo la dometɔ ɖeka. Eƒe agbalẽ aɖewoe nye Mɔzɔzɔ Yi Anyigba ƒe Titina (ƒe 1864), Tso Anyigba Dzi Yi Ɣletia Dzi (ƒe 1865), Ligi Akpe Blaeve Le Ƒu Te (ƒe 1870), kple Around the World in Eighty Days (ƒe 1873).

Agbe

Wodzii le du si nye Nantes me le France. Fofoa nye senyala, eye le gɔmedzedzea me la, Verne di be yeasrɔ̃ senyawo hã. Esi wòxɔ ƒe wuiade la, edze agbalẽ didiwo ŋɔŋlɔ gɔme, gake fofoa di be yeakpɔ ga abe senyala ene, ke menye abe agbalẽŋlɔla ene o. Le ƒe 1847 me la, fofoa ɖoe ɖe Paris be wòadze senyawo sɔsrɔ̃ gɔme.

Le ƒe 1848 me la, Jules Verne, si yi aƒeme la, eƒe lɔlɔ̃ nu sẽ, gake nyɔnuvia dzilawo medi be wòaɖee o. Verne lé blanui esi wòse be nyɔnuvia ɖe ame bubu - kesinɔtɔ, ŋutsu tsitsi aɖe. Le Jules Verne ƒe ŋutinyawo me la, eŋlɔa nu tso nyɔnu siwo ɖe ame siwo womelɔ̃ o ŋu zi geɖe.

Etrɔ yi Paris be yeakpɔe be ele tɔtrɔ kpata ƒe agbo nu: Franseawo ƒe Tɔtrɔ Kpata si wowɔ le ƒe 1848 me ɖe fia la le zi dzi, eye woti Louis-Napoléon Bonaparte be wòanye France Dukɔa ƒe dukplɔla gbãtɔ. (Republic nye dukɔ si me fia alo fianyɔnu mele o, ke boŋ dukplɔla le esi ɖe eteƒe.)

Verne yi edzi srɔ̃ senyawo vaseɖe ƒe 1851 me, gake le ɣeyiɣi ma katã me la, enɔa nu ŋlɔm henɔa go dom kple agbalẽŋlɔla kple nutala bubuwo.

Mlɔeba le ƒe 1852 me la, eɖoe be yeaɖe asi le senyala nyenye ŋu, eye yeazu ɣeyiɣiawo katã ƒe agbalẽŋlɔla bibi boŋ. Nyametsotso sia medzɔ dzi na fofoa kura o, gake Verne nye dzimesesẽtɔ kple susu sẽŋu, eyata eyi eƒe ɖoɖowo dzi. Verne yi Paris be yeadze agbagba akpɔ dzidzedze. Gbã la, mekpɔ ŋkɔ aɖeke o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva zu dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe alɔdzedɔwɔla, evɔ wova nyae nyuie ɖe eƒe nuŋɔŋlɔ ta. Eƒe lɔlɔ̃ na dzɔdzɔmeŋutinunya kple nuŋɔŋlɔ na wòŋlɔ ŋutinyawo kple agbalẽ siwo woyɔna fifia be "dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa". Ame geɖe gblɔna be Jules Verne ye to dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa ƒomevi sia vɛ.

Verne nɔ agbe be yeaŋlɔ nu. Eŋlɔ ŋutinya geɖewo. Esiawo dometɔ aɖewoe nye nyakpakpagbalẽwo, fefewɔƒewo, kple agbalẽ bubuwo. Le ƒe 1886 me la, tɔɖiayɔvi ɖekakpui, Gaston, si ŋu paranoia nɔ la da tu Verne ƒe afɔ. Le ema megbe la, Verne ƒe afɔ vuvu tegbee. Ðewohĩ esia na eƒe nuŋɔŋlɔ ƒe atsyãwo do viviti wu le ɣeyiɣi ma me.

Verne ɖe Aimée du Fraysse de Viane le January 1857 me kple fofoa ƒe yayra. Le August 1861 me la, wodzi wo viŋutsua. Eyi edzi nɔ agbalẽ ŋlɔm vaseɖe eƒe kugbe. Le March 24th, 1905 dzi la, Verne, si dze dɔ kple suklidɔ la ku le eƒe aƒeme le Amiens, France.

Jules Verne kple nutovɛwo

Jules Verne ŋlɔ nu tso nu geɖe siwo menɔ anyi esime wònɔ agbe o ŋu. Nu siawo dometɔ aɖewo va zu nu ŋutɔŋutɔwo emegbe. Verne menye dzɔdzɔmeŋutinunyala kura o, gake eƒe didi vevie ɖe mɔ̃ɖaŋununya ŋu kple ŋgɔyiyi si wowɔ ɣemaɣi na wòto nutovɛ geɖe siwo gbɔna vɛ eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova zu míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa dzrowo mlɔeba .[1] .

Elektrik-ƒugɔmeʋawɔʋu

Le Twenty Thousand Leagues Under the Sea me la, Kapitan Nemo kple eƒe elektrik-ƒugɔmeʋawɔʋua nye egbegbe nukunu aɖe. Elektrikŋusẽ nye nu yeye ŋutɔ ɣemaɣi, eye womezãe tsɔ na ŋusẽ meli si le tsi te kpɔ o.

Nyadzɔdzɔwo le radio kple television dzi

Le ƒe 1889 me nyati aɖe si nye "Le Ƒe 2889 Me" me la, Jules Verne ƒo nu tso mɔnu bubu si woate ŋu azã ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo teƒe ŋu be:

"Le esi teƒe be woata Anyigba Ŋutinya la, ŋdi sia ŋdi la, woƒoa nu na amesiwo ŋlɔ ŋkɔ ɖe eme, amesiwo, tso dzeɖoɖo dodzidzɔname siwo wowɔ kple nyadzɔdzɔŋlɔlawo, dukplɔlawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo me la, wosrɔ̃a ŋkekea ƒe nyadzɔdzɔwo."

Associated Press gblɔ be nyadzɔdzɔ gbãtɔa medzɔ o vaseɖe ƒe 1920 me—ƒe 30 kloe le Verne ƒe susu me yiyi megbe.

Ɣleti ƒe modules

Jules Verne ŋlɔ nu tso "projectiles" ŋu le Tso Anyigba dzi yi Ɣletia dzi me. Tu siawo akplɔ amewo ayi dzinua dzi. Verne kpɔ tu gã aɖe si azi module la dzi wòaɖo dzinua dzi le susu me. Egbea la, woɖoa yamenutomeyimɔ̃wo ɖe yamenutome le tukpewo tame, si zia mɔ̃a dzi wògbɔa nuheŋusẽ ƒe ŋutete ŋu.

Haƒomɔ̃wo kple holographwo

Le The Carpathian Castle me la, kɔƒea me tɔ aɖewo vɔ̃na na fiasã aɖe, si me woate ŋu ase gbewo le ahakpɔ nɔnɔmewo tsoe. Amedzro aɖe si tsɔ ɖe le eme la ɖoe be yeakpɔ nusi le dzɔdzɔm, eye wòkpɔe be gbeɖiɖi siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi kple holographic nɔnɔmetatawo koe wonɔ sesem.

Nyatakakatsoƒewo

Tags:

Jules Verne AgbeJules Verne kple nutovɛwoJules Verne Elektrik-ƒugɔmeʋawɔʋuJules Verne Nyadzɔdzɔwo le radio kple television dziJules Verne Ɣleti ƒe modulesJules Verne Haƒomɔ̃wo kple holographwoJules Verne NyatakakatsoƒewoJules Verne

🔥 Trending searches on Wiki Eʋegbe:

NagoyaJerry RawlingsAlexis Charles-Henri-Maurice Clérel, Viscount de TocquevilleAdewudzaFarhan Rana RajpootAndorraYesuNew York CityWashington D.C.SpainEmmerich Joseph Wolfgang Heribert de DalbergGuinea-BissauGbevuTajikistanSagbadreUnited StatesƔletiPigazzanoDukɔ ƑoƒuawoJōsei TodaDzoveKokloDadiFiɖagbeDzigbe ŋkɔBaba YaboVicky BilaAnyiehe KoreaGẽ dukɔ ƒe fiawoDenmarkGefiaMichel Bernard BarnierDublinPortugalParisAnyiehe SudãAlmokLaksembɔgFransegbePresbyteria Nyanyui Hame le GhanaAmewo EʋeSenegalUkraineSingaporeSiamlɔm 2007AsentiwoeDasiamime 4AgbeliIndiaMain PageDzataAvuHelsinkiTsile🡆 More