Mɔzɔzɔ Tso Ghana Yi Germany

Ghanatɔwo ƒe mɔzɔzɔ yi Germany dzegɔme le ƒe 1950 lɔƒo me le esime ɣetoɖoƒe Germany ƒe nuŋɔŋlɔwo ɖe mɔ na sukuviwo tso Afrika dukɔ aɖewo me be na woateŋu akpɔ gome le sukukɔkɔ dede me.

Nuŋɔŋlɔsiawo ɖe mɔ bena sukuviawo na srɔ nu eye ne wo trɔ gbɔ va woƒe dukɔ vovovo wo me la, anye kpekpeɖeŋu.

Va de asi na ƒe 2009, ame xexle me abe 40,000 lɔƒoe nye "Ghana vi dzidzi wo le Germany; esime "Ghana vi dzidzi wo ƒe mɔzɔzɔƒe dzɔtsoƒe nye Ghana" amesiwo dzi alo ƒe dzotsoƒee nye Ghana" eye " dzidzime evelia kple dzidzime etɔlia siwo dzɔ tso Ghanavi dzidzi wo me si wo le Germany eye devisiwo dzɔ tso dukɔ eve ƒe kadodo me siwo me zɔ mɔ le woɖokuisiwo o, abe alesi Deutsche Gesellschaft fur Technische Zusammenarbeit (GTZ) ŋlɔe ene.

Le GTZ ƒe nuŋɔŋlɔ me la, ame agbɔ sɔsɔ geɖe wo nye mɔzɔla siwo le Germany mɔzɔgbale de asi. Wo ame sia wo zɔ mɔ kple agbalɛ deditɔwo gake wo me gbugbɔ yi woƒe tsoƒewo o, ke boŋ le Germany le esime wo me ŋlɔ ŋkɔ be yewo anɔ anyi awu ŋkeke si wo na wo la o.

Nusiwo hea mɔzɔzɔ va nɛ

Ga manɔ ame si, aʋa wɔwɔ kple agbeme ƒe kuɣi woe nye susu ade siwo ta amewo ʋu na alo si na le woƒe dukɔ me yi na ɖe ɖukɔ bubu wo me. Ame siwo si to aʋawɔwɔ alo ʋunyaʋunya mɔnu he le sitsoƒe dim la ƒe agbɔsɔsɔ le xexléme dzika tsom ƒo eye wo le dzi yim ƒe sia ƒe. Ga manɔ amesi, kple kododo ƒe dziyiyi kple dukɔmeviwo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe dziyiyi woe nye susu aɖe siwo ta amewo ʋu na le woƒe dukɔwo me.

Mɔzɔzɔ tso Ghana yi Germany ƒe hatsotsowo

Ne mie le ŋku de Ghanavi wo ƒe mɔzɔzɔ yi ɖe Germany ŋu la, mia kpɔ ha tsotso etɔ. Woa woe nye sukudede mɔzɔzɔ, sisoƒe-didi mɔzɔzɔ, kple ƒome wo ƒe kadodo mɔzɔzɔ. Dɔwɔwɔ mɔzɔ gbale xɔxɔ ƒe dzidzedze me sɔ ne Ghanaviwo o.

Sukudede mɔzɔzɔ

Ame geɖe siwo zɔmɔ yi Germany be ye wo aɖe suku la, trɔ gbɔna va woƒe tsoƒewo.

Sitsoƒe-didi mɔzɔzɔ

Ame siwo zɔmɔ lae le Germany egbe eye woa nɔe daa.

Tso ƒe 1970 me la, ga manɔ amesi kple ɖunya ta ʋiʋli ƒe hunyahunya wo le gbadagba wo ƒe kpɔkplɔ te le Ghana nae be Ghana vi gedewo di sitsoƒe le Yurope kple Afrika dukɔwo me.

Xɔxɔna amesiwo di sitsoƒe tso Ghana kuda dunyaʋiʋli ʋunyaʋunya ta la ƒe xexle me me ɖo ɖeka ɖe alafa ɖeka dzi o, elabena dunyataʋlila geɖewo tsɔna wo dea ga ma nɔ amesi sitsoƒe sila wo dome. Ame 112 tso ƒe 1983 va se ɖe 2007 koe wo xɔ abe dunya ta ʋliʋli ƒe hunyahunya sitoƒe silawo ene.

Ƒome wo ƒe gododo mɔzɔzɔ

Ame siwo zɔme le xexi ya te lae nye amesiwo le Germany egbe eye wo anɔe daa. Ghanavi wo siwo wu ɖeka ɖe akpa ene dzi woe zɔmɔ yi Germany to ƒome kadodo wo me.

Mɔzɔzɔ yi Germany Ɣeaɖewoɣi kple edziedzi

Germany mɔzɔzɔ gbalé ƒe kpɔɖeŋu aɖewo. Ɣeɣeme goɖo dɔwɔƒe si ke kpɔa amewo ƒe mɔzɔzɔ nyawo gbɔ ɖe dzesi be amewo ƒe mɔzɔzɔ nyawo gbɔ ɖe dzesi ɣesiaɣi mɔzɔzɔ abe mɔzɔzɔ sike nye mɔzɔzɔ si kuɖe se kple ɖoɖo siwo kuɖe mɔzɔzɔ nyawo ŋu le mɔzɔla ƒe ɖume, afi yikɛ woyina kple edze ƒe. IOM há ɖe dzesi mɔzɔzɔ sia abe amewo ƒe mɔzɔzɔ tso teƒe ɖeka yi teƒe bubuwo le sea wo kple ɖoɖowo manɔmee le gegeɖe dukɔ aɖe me alo ɖoɖo le dukɔ aɖe me alo mɔzɔla ƒe dzeƒe. Mɔnu vovov owo li hena mɔzɔzɔ siawo.

Mɔzɔzɔ edziedzi mɔnuwo

Dɔwɔƒe si kpɔa mɔzɔzɔ nya wo gbɔ le Germany si wo yɔna be Federal Foreign Office ɖe mɔnu aɖewo ɖe go kuɖe mɔzɔzɔ nyuitɔ kple gbegbletɔ wo ŋu ɖe mɔzɔla ƒe susu ta kuɖe eƒe mɔzɔzɔ ŋu. Mɔzɔzɔ nyuitɔ fia be elebe mɔzɔla naxɔ mɔzɔ gbalé alo visa na eƒe mɔzɔzɔ.

Visa alo mɔzɔ gbalé xɔxɔ na ɣeyiyi kpui aɖe ko

Germany mɔzɔ gbalé xɔ ƒe ɖo kpe edzi alo ɖo mɔnuwo daɖi be mɔzɔla ateŋu axɔ mɔzɔ gbalé na ɣeyiyi kpui aɖe ko, abe ŋkeke bla asieke le ŋkeke alɔfa ɖeka bla enyi me le Germany kple Europe dukɔwo me na tsadidi, alo ɖe dɔwɔwɔ ƒe susuwo ta. Elebe mɔzɔla na xɔ gbalé vi sike ateŋu aɖe mɔ be na xɔ mɔzɔ gbalé.[9]eye woa ɖi mɔnu na ame kpɔkpɔ na eƒe mɔzɔ gbalé xɔxɔ Germany mɔzɔ gbalé xɔ ƒe si le Ghana na mɔnu be woa kpɔ mɔzɔla ƒe agblé wo na gbe babiawo na mɔzɔ gbalé xɔxɔ.

Ɣeyiɣi ɖiɖi mɔzɔ gbalé xɔxɔ

Gbalé xɔ ƒea Do mɔnu bubuwo hã daɖi hena gbalé xɔxɔ na ɣeyiyi ɖiɖi na sukuviwo, ƒome wo ƒe ɖeka wɔwɔ,[13] dɔwɔwɔ kple bubuawo, kple wo ƒe mɔnu siwo dzi wole be nàto hafi axɔ mɔzɔ gbalé.

Mɔzɔ gbalé xɔxɔ kple eƒe así

Elebe mɔzɔ gbalé nanɔ mɔzɔla si yi ke awu eƒe ƒe si nu wó dzi be ye anɔ Germany lanu ɣleti etɔ̃. Mɔzɔ gbalé sia ale nɔƒe si wo me ŋlɔ naneke do o woa me eve eye elebe mɔzɔ gbalé sia na nye mɔzɔ gbalé si wo na wò le ƒe ewó si wo va yi la me. Mɔzɔla hã hía dzidzi gbalé kple eƒe nɔnɔme tata si ƒe me gbe le ɣie. Ele hã be, Europe mɔzɔ lámesé gbalé na nɔ asiwò le ɣeyiɣi si wo katã nu ele Germany dukɔa me nɔ ge. Mamlea la, ele be dzesi ɖeɖe na nɔ asiwò le ga mɔnuwo dzi be esúte anɔ Germany dukɔa me le ƒe si nu ne dzi. Eye Ele hã be, na ɖe asi gbalé te kuɖe nɔ ƒe wo ƒe sewo ŋu le se gbalé ƒe akpa 54, xexlẽme evelia ƒe nu enyilia ŋu. Mɔzɔ gbalé alo visa wɔwɔ ƒe hɔmee nye euro 60.00

Nu hahía bubuwo kuɖe mɔzɔzɔ susua ta

Ɖe tsadidi ƒe gbalé ta la, dzesi ɖeɖe ƒome kadodo le vevie. Amesi gbɔ nɛ yi na la le be woa ɖe asi gbalé te eye woa tsɔ eƒe nɔ ƒe gbalé ƒe de ana amesi le mɔzɔ gbaléa wɔm. Le lamesé nyawo go me la, elebe mɔzɔla na fia be esúte le ga mɔnuwo dzi na eƒe lámesɛ nyawo kple eƒe agbenɔnɔ kpakple gbalé tso dokita gbɔ na asi tɔtrɔ le eƒe dɔlele ŋu. Ega mía hã be dokita tso Germany dukɔa me la na na gbalé be ye le klalo be ya ateŋu aɖa dɔ na dɔlela. Le dɔwɔwɔwo ƒe akpa dzi la, elebe mɔzɔla naxɔ kpekpe kple dɔwɔwɔ gbalé tso dɔwɔ ƒe aɖe gbɔ le Germany, kple susu si ta wóle mɔzɔm gbɔ na Germany. Ele hã be dɔwɔƒea na nɔ Germany dukɔa ƒe dɔwɔƒewo ƒe agbalẽ me. Le hehe xɔxɔ alo gbe gbɔgblɔ ƒe nu sɔsrɔ̃wo go me la, ele be mɔzɔla na le gbalé de asi tso Germany sukua me si fia be ɛxe fe ɖesiaɖe de eƒe nusɔsrɔ ta. Eye ele hã be woa le gbalé si fia be ɛxe fea wo la hã de asi ɖe eƒe ɣeyiɣi wo katã nu. Visa kuɖe ɖekɔnuwo, modzaka alo subɔsubɔ mɔnuwo ŋuti la, elebe mɔzɔla na le gbalé de asi si tso tatɔwo gbɔ kuɖe nusiwo wo ge wó gbɔna la ŋu.

Mɔzɔzɔ madzɔmadzɔ tɔe

Tɔdziʋu kple mɔzɔla wo le Libia ƒu ta. Tɔdziʋu kple mɔzɔla wo le Libia ƒu ta Mɔzɔzɔ tso Afrika yi Europe to mɔ madzɔmadzɔwo alo mɔ vlowo dzi le vevie ŋutɔ. Mɔzɔla ge ɖe siwo zɔ na mɔsia tɔ gbui la tso dukɔ si wo me ɖe ŋugɔ o la me le Afrika nutowome na lá nyíƒe damawo didi ŋu le Europe. Zi geɖe la, mɔzɔla siawo yi na Afrika dzie he go me vevietɔ Libia, si vazu nɔƒe gbãtɔ na mɔvlowo dzi toto hena gegeɖe Europe dukɔa me. Tso Libia la, wo do na tɔdziʋu to Atsiaƒu si woyɔna be Mediterania tsaƒu la dzi. Ame aɖewo hã toa aƒɔ to afi si woyɔna be Spanish Enclaves of Ceuta and Melilla la, tsɔ wo ƒe agbe ɖe veve gã wo me kple kume. Ame sumɔngli si tsa la wo tsɔ mɔnu kpɔkpɔ sia le ga wɔm he nɔa mɔzɔla wo blema be mɔnu kpɔkpɔ le wosi le Europe dukɔa me.

Le ƒe 2019 ƒe ɣleti adelia me la, IOM ƒe numekuku de fia be amesiwo ku to mɔvlo siawo dzi to mɔnu siwo dziwo to na to Mediterania tsaƒu dzi kple susu be yewo ageɖe Italy, Malta kple Cyprus la xexlẽme le ame alɔfa ati bla ati vɔ̃ atɔ̃ le ƒe 2019.le ɣleti wuievea me le ƒe 2019 me. Ame agbɔsɔsɔ sia yi edzi vaɖo ame alafa adre bla etɔ vɔ enyi siwo nyrɔ la me, le gbɔɖɔɖɔ akpasesɛ kple lamesé nyawo kple tsi manɔmanɔ nya wo gome woe hena ku geɖewo vae. Ghana vi geɖewo le ame agbɔsɔsɔ sia wo me kple susu be yewo ado Europe to gbɔ be Ghana dukɔa nye dukɔ fafa kple dukɔ si súte le dukɔ bubuwo dome sike mɔvlo sia zɔlawo tso na. Ghanavi abe akpe bla atɔ̃, alɔfa ade blatɔ̃ vɔ ade sɔ̃ woe ɖo Italy to tɔdziʋu dzi le 2016,Brong-Ahafo, si maɖe akpa etɔ̃ me. Ahafo, Brong, kple Bono East, la le nɔ ƒe gbãtɔ le Ghana vi mɔzɔla siawo me. Le Ghanavi akpe ene bla asieke vɔ eve siwo wó nyá ɖoda aƒe me, tso Libia la, akpe ɖeka, alɔfa ati bla aɖe vɔ eve sɔ̃e nye Brong Ahafo viwo si fia be wole nɔ ƒe blatɔ̃ vɔ enyi de alɔfa dzi, eye Ashanti viwo hã nye alɔfa ade kple ɖeka si fia be woa wo hã le nɔ wuietɔ̃ de alɔfa dzi.

Resit ɖe mɔzɔla wo ŋu le Germany

Afrika viwo dododa aƒe kuɖe Germany dukɔa sisi tso ŋu Ame geɖe siwo dzi be yewo anɔ Germany dukɔa me kple susu be dukɔa na asi yewo atso alo be yewo awɔ ɖeka kple yewo ƒe ƒometɔwo la, me dze na dzi o. Amesi wo xɔ gbalé tɔ dukɔa ƒe mɔnu eneawo dzi be dukɔa na si yewo atsɔ la koe wo nana mɔnu be woa nɔ Germany dukɔa me. Mɔnu sia woe nye Refugee protection, Entitlement to asylum, Subsidiary protection kple National ban on Force Return. Edzi edzi la, amesiwo mateŋu fia ɖaseɖigbalɛ alo dasɛdidi aɖeke tso woƒe dukɔwo me o la koe kpɔa mɔnu alo woa wo kɔe wó nana mɔnu be woa nɔ Germany dukɔa me ne nye be wó tsi tsi tre de wó ŋu vevi le wo ƒe dukɔwo me. Amesiwo va na Germany be woa tude wo ƒe agbenɔnɔ wo dzi la , me nye amedzro wo o. Tsɔ kpe ɖe Asia ŋu la, tsadidi tso Europe dukɔ ɖeka me yi bubu me la me na mɔ be naxɔ gbalé be Germany dukɔa na si ye atso o. Germany dukɔa hã nana mɔnu be amewo ŋutɔ na lɔ̃ be yewo le klalo be yewo ayi ye wo ɖee alo tso ƒe.

Tags:

Mɔzɔzɔ Tso Ghana Yi Germany Nusiwo hea mɔzɔzɔ va nɛMɔzɔzɔ Tso Ghana Yi Germany Mɔzɔzɔ tso Ghana yi Germany ƒe hatsotsowoMɔzɔzɔ Tso Ghana Yi Germany Mɔzɔzɔ yi Germany Ɣeaɖewoɣi kple edziedziMɔzɔzɔ Tso Ghana Yi Germany

🔥 Trending searches on Wiki Eʋegbe:

New ZealandNew York CityAdzoLaosAŋkpamuidaMemleɖagbeDɔkɔAxa do ŊgɔTaiwanYawovi AgboyiboDenmarkOsloKyrgyzstanJapanNorwegbeBrãɖagbeJoseph Danlami BagobiriKɔkɔboArgentinaJamaicaTanzaniaƲegbe KpalimeDodotsuJerry RawlingsWarsawTɔƒlesiDukɔ ƑoƒuawoJames MadisonEgboYawoɖagbeKuɖagbeMartin Van BurenFinlandBibliaTitina AfrikaIsiSothoHaitiPɔlisigbeFransFinngbeAdekpuiUnited States of AmericaBahamasLibiaLithuaniaDanlami BagobiriMaltaAkpakloQatarAdeɛmekpɔxeVatican CityZambiaTɔmekotsoSiamlɔm 2007MalawiSpain🡆 More