Enu enu la, nya siawo nyea nuxɔxlɔ̃ na amewo eye wodea sesẽ lãme na nunyuiwɔlawo.
Lododo ƒe kpɔɖeŋu aɖewo
Lododo ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye:
- Abɔ mekpe na wu ata o.
- Ada ata so ha, mɔ le eme.
- Adeɖitsa kple lãɖitsa ye do na go.
- Adzofu di aha ʋuu, amatsi woku ne.
- Afi ɖu ke, ke mevɔna le efe ŋkume o.
- Afia ɖe kpɔkpɔ nyo wu ya me kpɔkpɔ.
- Afɔ me yi na nugbe eye atagba tsi na aƒe o.
- Afɔ tu de, memuna de o.
- Aƒevemegbɔ, gbɔdome wòtsina.
- Agaga lolo me ƒle na agaga eve ƒe nu o.
- Agalã be ne yele axa dzi zɔm hã menye mɔ yebu o.
- Agbavi tɔ meɖuna anyanya o.
- Agbebaɖaa metia agbetɔ o.
- Agbenɔxevi megbea fu megbea fuma to o.
- Agɔ biã, de biã, gake agɔ me daa ami o.
- Agɔbaya meƒoanu dzro o. Yae ɖo agɔme.
- Ahlɔ̃e medoa nyi fɔkpa o.
- Ako be ne meɖi ʋu o hã, kpɔ ye ƒe ble me ɖa.
- Akɔta gbadzaa melɔ na halã o.
- Alegeli be ekpo ɖe megbetɔwo dzi.
- Ame aɖe me de na deku eve alɔme eye lɔ na kui o.
- Ame eve metsia bome o.
- Ame ŋutɔ ƒe aba vuvu me di na nya na ame o.
- Ame ŋutɔ ƒe golomehɛ ye si na ame.
- Ame ye nɔ na ame ŋuti hafi wo nye na zami.
- Anyigba sese gake agama ɖo na afɔ anyi blewuu.
- Ati ɖeka me wɔna ave o.
- Ati gɔglɔ dzi wonɔ na hafi tso dzɔdzɔ ɛtɔ.
- Avu ɖu ƒu me dua ga o.
- Avu ɖuna avutɔ.
- Avulélae xɔa kɔ.
- Bafa medoa kalẽ ha ɖa o.
- Dadi be nusi avu kpɔ hafi do ɣli, ye yekpɔna mia ŋku ɖedzi.
- Detsi vivi ye hea zikpui.
- Dɔbu me ɖu na nu eye dɔbu de na asi o.
- Du aɖe me gbede ʋuyɔvi wòzuna le du bubu me.
- Du aɖewo ƒe gbagba ye nye du aɖewo ƒe tutu.
- Du sia du kple eƒe koklokoko.
- Dumenyo mesɔa aƒe o.
- Dzea ʋa ɖia, aʋa mesi nɛ o.
- Dzigbɔdi wo tsɔ xɔa nu le fia si.
- Ɖe wo ta na hafi zɔ na.
- Ɖevi gba abɔbɔgo megba na klogo o.
- Ɖevi ka aple gã mekaa nya gã o.
- Fu kple dzidzɔ la nɔviwo wonye.
- Gbɔ̃ tokpo ye xlɔŋu via.
- Gbɔ̃sikɛ menɔa gbɔ̃ ŋgɔ o.
- Ge me tu na xɔ na aɖaba o.
- Gli matsɔ amegbɔ wome dea mee o.
- Ha be mele lolo me o, tsivivi mee wole.
- Ha be ŋdi tsie nye nyia.
- Hadzimatso la, akaye wo gba na.
- Haho metsɔa tɔ o.
- Klo be wó be ye neva kpɔ yegbe, ye na be ye ƒe ta tsi gome.
- Klugã me nye vigã o.
- Koklo be kɔ gbɔe agbe le.
- Koklo be ɣlidola wo xɔna na.
- Koklo metsɔa ƒu dome vea avu o.
- Kokloxɔ vuvu mekpe na ŋu na koklo o.
- Koklotsu eve wo le adzre wɔm, gake wo le wo nɔɛwoƒe ŋkukpɔm.
- Kɔdzo Dei be yele Blu fiam gake yeƒe ŋku le Eʋegbe ŋu.
- Lagla xoxo me ƒo na detsi o.
- Makpɔƒle metsia asime o.
- Melege melegea ɖewo tsia ɖi ame.
- Mɔdidi megbea du nu yi na o.
- Mɔse ƒe ye nye xɔme.
- Ne abɔbɔ yi nu gbe la, klo gbɔ wo dze na.
- Ne ame aɖe le ʋu tome ƒom la, egbɔ na ʋu la ŋutɔ ƒoge.
- Ne ati aɖe le nya dim ɣesiaɣi le fíáwo ŋuti la, mumu ye le dzrom.
- Ne edidi ʋu hã etsɔ ko woyɔne.
- Ne lo lolo ʋuu hã la, azimevi ko wonye.
- Ne lɔ̃lɔ sakɔ la menya tuna o.
- Ne ŋkugbagbatɔ aɖe be ye le ekpe da ge la, eƒe afɔ le ekpe la dzi xoxo.
- Nuɣeɖutɔ me nyana be dɔto o.
- Nunya adidoe asi me tu ne o.
- Nunyui wɔla ƒe ta me tsia bame o.
- Sabala le nogo gake mɔ le eme.
- Safui sese ye ʋu na gaʋɔ.
- Ta ɖeka meɖoa aɖaŋu o.
- Ta menɔanyi klo dɔa kuku o.
- Tɔmedela ye gba na ze.
- To mekpeɛwu ta o.
- Tre eve nɔ tɔŋgɔ me gbe na gododo o.
- Vi gbã abɔbɔgo me gbã klo go o.
- Vivi mevɔ na le agɔ kuŋu hafi wotsɔne ƒua gbe o.
- Vivɔɛ me nye na mi le ata dzi eye wo tsɔ na hɛ kpanaɛ o.
- Ʋutɔtrɔ ŋue wotrɔa ɣeɖuɖu ɖo.
- Wome da kalami ɖe dadi gbɔ o.
- Zego yibɔ me ye akatsa ɣi la do go tso.
- Zigã me nye fia o.
Nyasiawo ƒe tsoƒe
Nuxexlẽwo le teƒe bubuwo
This article uses material from the Wikipedia Eʋegbe article Lododo, which is released under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 3.0 license ("CC BY-SA 3.0"); additional terms may apply (view authors). Content is available under CC BY-SA 4.0 unless otherwise noted. Images, videos and audio are available under their respective licenses.
®Wikipedia is a registered trademark of the Wiki Foundation, Inc. Wiki Eʋegbe (DUHOCTRUNGQUOC.VN) is an independent company and has no affiliation with Wiki Foundation.