Johann Gottlieb Christaller: Mawunyagblɔla, gbemeɖela tso Dzemeni

Johann Gottlieb Christaller (19 Adeɛmekpɔxe 1827 - 16 Dzome 1895) enye mawunyagblɔla, gbemeɖela tso Dzemeni si wɔ dɔ kpakple Bremen Mission hamea.

Esrɔ̃ nu geɖe hã le Blugbe gbɔgblɔ ŋuti le ɣemaɣi me Gold Coast dukɔ la nɔ anyi. Enɔ amesiwo ɖe Biblia gɔme ɖe Blugbe me. Ame geɖe kpɔe abe amesi do West Afrika gbegbɔgblɔwo sɔsrɔ̃ ɖe ŋgɔ.

Johann Gottlieb Christaller: Eƒe suku dede kple dɔ sɔsrɔ̃, Dɔwɔwɔ le Ghana, Eƒe ƒometɔwo
Johann Gottlieb Christaller

Eƒe suku dede kple dɔ sɔsrɔ̃

Wodzi Johann Christaller le Winnenden si medidi tso Stuttgart le Dzemeni o. Fofoa nye awutɔla. Agbalẽ xexlẽ dzɔa dzi ne Johann tɔ ŋutɔ eyata agbalẽwo sɔgbɔ ɖe esi le aƒe alegbegbe. Nusia na agbalẽ xexlẽ dzɔa dzi na Johann hã. Le suku dedevɔ megbe la, eva yi wɔ agbalẽ dɔ le Winnenden gbɔ me. Le esia yome la, evayi de Basel Mission Mawunaygbɔgblɔ suku si le Basel le Switzerland le Anyɔnyɔ 1948 me. Wo ɖoe osɔfo le 7 Adeɛmekpɔxe 1852. During his studies there, he edit the grammer of the Twi language.

Dɔwɔwɔ le Ghana

Basel Mission tɔwo ɖo Johann Christaller ɖe Ghana na woƒe dɔwɔwɔ. Esime woɖo la, eva dze Osu si le Gɛ̃ le 25 Dzove 1853. Eƒe lame va gblẽ eye wò gbugbɔ zɔ mɔ yi Dzemeni le 1858 me. Egbugbɔ va Ghana le Damɛ 1862 eye wò va dze Aburi. Le esrɔ̃a ƒe ku megbe le 1866 me la, eʋu yi Akropong. Eƒe dɔ veve tɔ ɖeka si wò wɔ le Ghana enye Bibla meɖeɖe ɖe Blugbe me. Ewɔ dɔ sia kple David Asante kple Theophilus Opoku. Dɔ sia wu nu le 1871 me. Enɔ Ghana vaseɖe 1868.

Eƒe ƒometɔwo

Johann Christaller ɖe Christine Emilie Ziegler, amesi nye mawunyaŋu dɔwɔla bubu tso Waiblingen le Dzemeni le Dzove 1857 me. Eƒe dzilawo nye Christian Ludwig Ziegler kple Rosine Kübler. Wodzi vi atɔ̃, ŋutsuvi ene kpaple nyɔnuvi ɖeka. Wo vi dometɔwoa wo etɔ̃ enye Erdmann Gottreich Christaller, si nye mawunya gblɔla kple agbalẽŋlɔla, Theodor Benjamin Christaller, si fia nu le Cameroon sukuwo me kple Hanna Christaller, si ŋlɔ "Kolonial novellen (Togo)". Emilie ku le 13 Dasiamime 1866 le Kyebi le Akyem Abuakwa nutome. Egbugbɔ yi Dzemeni le 1868. Emegbe la, eɖe Bertha Ziegle, si nye Christine ƒe nɔvinyɔnu le 1872 me. Woameveawo hã dzi vi atɔ̃, ŋutsuvi ene kpakple nyɔnuvi ɖeka.

Nuŋɔŋlɔwo kple dzesidedewo

Johann ƒe agbalẽ si wo xɔ ŋkɔ wu dometɔ aɖewo wo nye A Grammar of the Asante and Fante Language Called Tshi (Twi, Chee) Based on the Akuapem Dialect with Reference to Other (Akan and Fante) Dialects si wòŋlɔ le 1875 me kple A Dictionary of the Asante and Fante Language Called Twi, ISBN:978-1104592219, le 1871 me. Agbalɛ̃ eve sia wo ƒe tat gbãtɔ wo do le Basel. Institu de France tɔwo hã do dzesi le eƒe dɔwɔwɔ ta kple dzesi si woyɔna be Volney Prize.

Akrofi-Christaller Institute of Theology, Mission and Culture

Akrofi-Christaller Institute enye suku de ŋgɔ le Akropong si le abe univesiti ene. Wo doa ŋusẽ amewo be na woa srɔ̃ɔ nu le Mawunya ƒe gɔmedzedze kple kakaka ɖe Ghana kple Afrika katã. Wo tsɔ Clement Anderson Akrofi kple Johann Gottlieb Christaller ƒe ŋkɔwo na sukua.

Agbalẽwo

  • Friedrich Agster, Winfried Maier-Revoredo, Margarete Henninger: "... für Afrika bestimmt" (le Afrika mɔdzi). Le esime Johann Gottlieb Christaller ƒe ku de ƒe 100. Kristo Sugbɔsugbɔ Hame kple Winnendentɔwo, Winnenden 1995
  • Friedrich Wilhelm Bautz: Christaller, Johann Gottlieb. Le Biographisch-Bibliographisches Kirchenlexikon (BBKL). Volume 1, Bautz, Hamm 1975. tata 2lia, unchanged edition Hamm 1990, (ISBN:3-88309-013-1), Sp. 1001-1002. (Biographical Bibliographic Church Lexicon) me.
  • Paul Steiner: Christaller, Joh. Gottlieb. Le Allgemeine Deutsche Biographie (ADB). Volume 47, Duncker & Humblot, Leipzig 1903, pp. 480-483 me.
  • Diedrich Hermann Westermann: Christaller, Johann Gottlieb. Le Neue Deutsche Biographie (NDB). Volume 3, Duncker & Humblot, Berlin 1957, (ISBN:3-428-00184-2), p. 219 ( digitized) me.

Kpɔ esiawo hã

  • Basel Mission

Nyasiawo ƒe tsoƒe

Nuŋɔŋlɔwo le teƒe bubuwo

Tags:

Johann Gottlieb Christaller Eƒe suku dede kple dɔ sɔsrɔ̃Johann Gottlieb Christaller Dɔwɔwɔ le GhanaJohann Gottlieb Christaller Eƒe ƒometɔwoJohann Gottlieb Christaller Nuŋɔŋlɔwo kple dzesidedewoJohann Gottlieb Christaller Akrofi-Christaller Institute of Theology, Mission and CultureJohann Gottlieb Christaller AgbalẽwoJohann Gottlieb Christaller Kpɔ esiawo hãJohann Gottlieb Christaller Nyasiawo ƒe tsoƒeJohann Gottlieb Christaller Nuŋɔŋlɔwo le teƒe bubuwoJohann Gottlieb Christaller

🔥 Trending searches on Wiki Eʋegbe:

FransDzibutiLiechtensteinKabliEʋegbeCopenhagenSilesiagbeGẽ dukɔ ƒe fiawoChristian JacobSerbiaSpainBeijingLibiaIrelandNorth CarolinaUkraineLisbonAlgeriaGungbeTammari (gbegbɔgblɔ)SwitzerlandDzakpataFransegbeMalawiPɔlisaKanadaKen MilesAbableColombiaYesuMawuXewoCape VerdeAhɔliƒePɔtugisgbeBrazilKuɖagbeŊkekewo le kɔsiɖaa meHo Chi Minh CityPresbyteria Nyanyui Hame le GhanaThailandChinaDadiAxa Gba͂tɔComorosAkpa kpo🡆 More