Hepatitis A

Hepatitis A (si woyɔna tsa be infectious hepatitis) nye dɔlekui si nu se na akla tsona hepatitis A virus gbɔ (HAV).

Dɔa lele geɖe mefia dzesi boo aɖeke o vevietɔ le amesiwo metsi o la me. Ɣeyiɣi tso dɔa ƒe gɔmedzedze yi eƒe dzesiwo gbɔ le ame siwo lenɛ me la le abe kɔsiɖa eve yi ade. Ne dzesiwo dze la wonɔa anyi zi geɖe abe kɔsiɖa enyi esiwo nye: trutsɔame, trutru, afɔdzidedɔ, ŋutigbale ƒe fufuu, fever kple aŋɔmeɖuame. Ame geɖewo abe 10–15% gakpɔa dzesiwo ƒe vava le dzinu ade tso dɔa lele zi gbatɔ megbe. Akla ƒe gbegble kpata teaŋu dzɔna ɣeaɖewoyi vevietɔ le ametsitsiwo me.

Hepatitis A
Hepatitis AYimeko yesifo senyongo ebangelwa yi-hepatitis A
Hepatitis AYimeko yesifo senyongo ebangelwa yi-hepatitis A
Yimeko yesifo senyongo ebangelwa yi-hepatitis A
Memama kple Nusiwohia na dɔwɔwɔ tso teƒe bubuwo
ICD/CIM-10B15 B15
ICD/CIM-9070.0, 070.1 070.0, 070.1
DiseasesDB5757
MedlinePlus000278

Emama toa nu ɖuɖu alo tsi nono siwo me dɔlekui mi le. Gomekpa si womeɖa nyuie o la etsoƒe bɔbɔtɔ wu. Woateŋu amae to kadodo kplokpui kple amesi lee la me. Togbɔbe dzesi aɖeke me dzea le ɖeviwo ŋu edziedzi ne woxɔ dɔ sia hã la woateŋu aɖee na amebubuwo. Ne elee zi ɖeka ko magalee le wo agbeme o. Dɔlekuia kpɔkpɔ hia ʋu dodo kpɔ elebena eƒe dzesiwo sɔ kple dɔlele bubuwo. Enye hepatitis virus atɔ siwo wonya: A, B, C, D, kple E.

hepatitis A ƒe vaccine la nye mɔxenu nyui. Dukɔ aɖewo ɖoe anyi na ɖeviwo kple ame siwo axɔe bɔbɔe siwo medo abui o. Edze abe awɔ dɔ le agbe ŋkekewo katã me. Mɔxenu bubu aɖewoe nye asi kɔklɔ kple nu ɖaɖa nyuie. Dɔdada mɔnu tɔxe aɖeke meli o, gbɔɖeme kple atike nono na trutsɔame alo afɔdzidede nyo le ɣeyiɣi si wohia la me. Dɔlelea katã nu tsona zi geɖe ne akladɔ meli o. Akladɔ sesẽ dada ne wodzɔ la toa akla bubu dede me.

Le xexeame godoo la abe milion 1.5 ƒe dɔlelea ƒe dzesi dzena ƒe sia ƒe eye million akpewo nye dɔa lelawo le wo katã me. Ebɔ wu le xexeame ƒe akpa siwo medza o eye tsinono nyui hã mesu amewo o. Le dukɔ siwo mede ŋugɔ o wome la ɖeviwo si de 90% la le dɔa hafi xɔna ƒe 10 eyata womegalene le tsitsi me o. Edzɔna kpata le dukɔ siwo de ŋgɔ vie la me ne ɖeviwo melee hafi tsi o eye abidodo godoo hã mebɔ o. Le 2010 me la, hepatitis A sesẽ ƒe dodo zu ame 102,000 ku. Xexeame godoo ƒe Hepatisis Ŋukeke vana ƒe sia ƒe le July ƒe ŋkeke 28 dzi be woahe nufiamenyawo tso 'viral' hepatitis ŋu.

Referensiwo

Tags:

🔥 Trending searches on Wiki Eʋegbe:

FransLibiaDzodzeRwandaKeleEdziptiUnited KingdomBernard PonsBibliaDominicaTallinnDukɔ ƑoƒuawoBrusselsNew ZealandKɔnyskɔvɔlaGoogleKemegbeYHWH enye ɖeɖeNetherlandsHenri EmmanueliSpainGegeɖe dukↄme to mↄdzemadzedziTajikistanBelgiumTedoxeMaliPragueDominique Strauss-KahnJapanNorth DakotaAƒlaoMexicoHo Chi Minh CityThailandMadridLondonKazakhstanƉMia Denyigba Lɔ̃lɔ̃ laThe BeatlesAmakye and DedeMalariaGungbeLiwoe gokpoLiwoeCzech RepublicSira Liɔ̃BahamasHlɔ̃madzeFlorida🡆 More