Gali

Gali enye nuɖuɖu si bɔ le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo.

Wotɔna gali tso agbeli me.

Gali
Gali (Nigeria)

Gali tɔtɔ

Gali 
agbeli si wotsɔ wɔa gali

Hafi woa tɔ gali la, wohona agbeli tso agble me. Wokpana agbelia eye le eyome la, woklɔnae kple tsi bena ɖia katã na kɔ le eŋuti. Le esia megbe la, wolina agbelia vaseɖe esime wòa me. Le elili megbe la, wozia agbelia le kotokuwo me eye wodana kpewo ɖe kotokuawo dzi hena tsia fafia tso eme. Esia yina edzi abe ŋkeke eve lɔƒo eye le nuwuwua la, agbelia hã tsi.

Ne tsia vɔ le eme la, wo srana agbelia alebe wonɔna wuliwuli. Ne wowɔ esia vɔ la, wotɔna galia le gaze gã wo me le dzo dzi. Wometsɔna ami tɔnae o. Ne wòƒu nyuie la, ekema étɔ vɔ eye woateŋu adze ezãzã gɔme.

Eɖuɖu

Nuɖuɖu siwo tso gali me sɔgbɔ. Wodena gali tsi me kple sukli kple notsi. Esia wɔwɔ mesẽ kroa o eye tsidede gali bɔ le sukuwo me ŋutɔ le Ghana kple Nigeria. Bubu enye gali bublu kple atadi alo dzetsi eye woateŋu aɖui enumake. Wotɔna gali hã le ami me tsɔ wɔna nuɖuɖu vovovowoe abe agbeli kaklo. Wodena tsi dzodzoe gali hã eye woblunae le dzodzi abe akple ene. Nigeriatɔwo yɔnae be eba. Woɖuna esia kple dzetsi alo tsiƒoƒo.

Gali 
Agbeli kpakpa le tsi me.

Aɖi si le agbeli me

Aɖi si Eŋlisiawo yɔna be cyanide le agbeli me. Dɔlele si woyɔna be "tropical ataxic neuropathy" bɔ le afisiwo agbeliɖuɖu bɔ le. Dɔlele sia naa amewo ƒe lãme gbana eye zɔzɔ kple tsitretsitsi sena ŋutɔ. Wokpɔ be ne wowɔ galia ŋudɔ nyuie la, aɖia geɖe doa tso eme eye mega nana dɔlele o.

Kpɔ esiawo hã

eba

Afisiwo wotsɔ nyawo tsoe

Nuxexlẽwo le teƒe bubuwo

Nuŋɔŋlɔ siawo ƒe tsoƒe

Tags:

Gali tɔtɔGali EɖuɖuGali Aɖi si le agbeli meGali Kpɔ esiawo hãGali Afisiwo wotsɔ nyawo tsoeGali Nuxexlẽwo le teƒe bubuwoGali Nuŋɔŋlɔ siawo ƒe tsoƒeGaliAfrikaAgbeli

🔥 Trending searches on Wiki Eʋegbe:

Ken MilesSiamlɔmDaɣinuɖekeKokloBrusselsThailandBerlinMorokoMozambikiAnyiehe KoreaParaguayW88 ClubDublinKpakpaMadridFransegbeHenri EmmanueliHo Chi Minh CityBibliaAkoLododoLibiaRwandaAkpaŋɔyeTallinnTsyadiƉDominicaƔletiTedoxeGeorgia (dukɔ)PraguePatrick HoguetSan MarinoDenmarkAfɔfiɛAmegbetɔ ƒe Ablɔɖevinyenye ŋu KpeɖoɖodzinyaDzAblazɨ̃RussiaAzerbaijanCyprusMaliGanaAnanda MahidolKɔkɔboParisBernard PonsViennaKanada🡆 More