Dzigbe ŋkɔ enye ŋkɔ si wotsɔna na amewo si fiaa ŋkeke si dzi woƒe dzigbe dze.
Ŋkɔ siawo tsɔtsɔ bɔ ɖe Bluɔwo kple Eʋeawo dome le Ghana. Ekaka yi Jamaica hãa le Amerika nutowome. Ŋkɔawo to vovo na ŋutsuwo kple nyɔnuwo.
Robert Sutherland Rattray ("Captain R.S.Rattray") srɔ̃nu geɖe le Asanteawo ŋu vayi eye wògblɔ be "Dzigbe ŋkɔ le Asante vidzidzi ɖesiaɖe si". Wofia ŋkɔ siawo le Eʋegbe kple Blugbe me le afii.
Dzigbe ŋkɔwo | ||||
Ŋutsuwo | Nyɔnuwo | |||
Dzigbe ŋkeke | Eʋegbe | Blugbe | Eʋegbe | Blugbe |
---|---|---|---|---|
Kɔsiɖagbe | Kɔsi | Kwesi / Kwasi | Esi / Kɔsiwa / Kɔsiwɔ / Awusi | Akosua / Akos |
Dzoɖagbe | Kɔdzo / Kwadzo / Kudzo | Kwadwo | Adzo / Adzoa | Adwoa |
Brãɖagbe | Kɔmla / Kɔbla / Kwabla | Kwabena | Abrã | Abena |
Kuɖagbe | Kɔku / Awuku / Akumɛ | Kwaku | Aku / Akua / | Aku / Akua |
Yawoɖagbe | Yao / Kɔwu / | Yaw | Yawa / Awo / Awotɔ / Awoyo | Yaa |
Fiɖagbe | Kofi | Kofi | Afi / Afua / Afiyo / Afitɔ / Afiwɔ | Afua / Afia / Effe |
Memleɖagbe | Kɔmi / Kwami | Kwame | Ama / Ami /Ameyo / Ame | Ama |
Eʋeawo tsɔ na vi alo ga kpe na ɖe dzigbe ŋkɔ siawo nu he tsɔ na doa dzesi amea ƒe nɔnɔme. Le kpɔɖeŋu me, Kɔku kple vi zu na Kɔkuvi eye Yao kple ga zu na Yaoga
This article uses material from the Wikipedia Eʋegbe article Dzigbe ŋkɔ, which is released under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 3.0 license ("CC BY-SA 3.0"); additional terms may apply (view authors). Content is available under CC BY-SA 4.0 unless otherwise noted. Images, videos and audio are available under their respective licenses.
®Wikipedia is a registered trademark of the Wiki Foundation, Inc. Wiki Eʋegbe (DUHOCTRUNGQUOC.VN) is an independent company and has no affiliation with Wiki Foundation.