To sia le Agumatsa toawo, siwo te ɖe Liati Wote kple Gbledi woŋuti la dome le Ghana ƒe Vɔlta nutome. To siawo woyi vaseɖe Ghana kple Togo dukɔa ƒe axadoƒe. Aduadu , si nye toa wodometɔ ɖeka la ƒe tame kɔ wu Afadzato, gake womebunae abe to kɔkɔtɔwo o elabena enye to kpui le to kɔkɔ bubuwo ta me.
Wogblɔe be Afadzato ƒe ŋkɔ tso Avadzeto me. Gbe alo nutsetsewo siwo le toa dzi fiena ŋui na amewo ŋutɔ, eyata agbledelawo kpakple adela siwo dena toa dzi la yɔnae be "aʋa dze to".
Tagbo tsidzadza si medidi tso Afadzato gbɔ o la, enye nukpɔkpɔ tɔxe, si amedzrowo zɔa mɔ yina kpɔna.
This article uses material from the Wiki Eʋegbe article Afadzato, which is released under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 3.0 license ("CC BY-SA 3.0"); additional terms may apply. (view authors). Content is available under CC BY-SA 4.0 unless otherwise noted. Images, videos and audio are available under their respective licenses.
#Wikipedia® is a registered trademark of the Wiki Foundation, Inc. Wiki Eʋegbe (DUHOCTRUNGQUOC.VN) is an independent company and has no affiliation with Wiki Foundation.